Esi woɖu nu vɔ la, Yesu bia Simon Petro be: “Simon, Yona vi, èlɔ̃m wu ale si ame siawo lɔ̃m mahã?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ wò.”
Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽviawo!” Yesu gabiae zi evelia be: “Simon, Yona vi, èlɔ̃ma?”
Eɖo eŋu be: “Ẽ, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ wò.”
Yesu gblɔ nɛ be: “Kpɔ nye alẽawo dzi!” Yesu gabiae zi etɔ̃lia be: “Simon, Yona vi, èlɔ̃ma?” Biabia sia ve Petro, elabe zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ nye esi Yesu biae be: “Èlɔ̃ma?” Ale Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya nu sia nu ɖe. Ènya be melɔ̃ wò ɖe.” Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽawo!