YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 6

6
Kpeɖeŋutɔ adrẽawo
1Le ɣeyiɣi siawo me la, nusrɔ̃lawo va nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. Ale xɔsetɔ siwo doa Hela-gbe la lĩ liʋiliʋĩ be, ne Hebritɔwo le nu siwo ŋudɔ wowɔna gbe sia gbe la mam la, wotsoa yewoƒe ahosiwo ɖi. 2Esia ta amedɔdɔ wui eveawo yɔ nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu gblɔ na wo be: “Masɔ be míagblẽ mawunyagbɔgblɔ ɖi aɖanɔ nuɖuɖu mam o. 3Eya ta, nɔviwo, mitia ame adrẽ siwo dzi mieka ɖo, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le, eye wonye nunyalawo la tso mia dome, míatsɔ aɖo dɔ sia nu. 4Esia ana be míawo míavo ɖe gbedodoɖa kple mawunyagbɔgblɔ ŋu koŋ.” 5Nya la dze ameha blibo la ŋu, ale wotia ame siawo: Stefano, ame si si xɔse le, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔe taŋ, Filipo, Prokoro, Nikanora, Timona, Parmena kple Nikolao, ame si nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia. 6Woɖe ame tiatia siawo fia amedɔdɔawo, eye woawo do gbe ɖa heda asi ɖe wo dzi.
7Mawu ƒe nya la va keke ta ɖe edzi. Nusrɔ̃la siwo le Yerusalem la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu, eye nunɔla geɖewo hã va le xɔse la me ɖom.
Stefano léle
8Stefano, ame si nu Mawu ve, eye wòkpɔ ŋusẽ la wɔ nukunu kple dzesi gãwo le ameawo dome. 9Ke ame aɖewo tsi tre ɖe eŋuti. Ame siawo tso Ablɔɖetɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me. Emenɔlawo tso Kirene kple Aleksandria, eye ɖewo hã tso Kilikia kple Asia. Woʋli nya kple Stefano, 10ke womete ŋu nɔ te ɖe nunya si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nae wòle nu ƒomee la nu o. 11Ale wode nya ŋutsu aɖewo nu be woagblɔ be: “Míese wònɔ busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.” 12Wode zi amehaawo, dumegãwo kple agbalẽfialawo me ɖe eŋuti, eye wova tui, lée hekplɔe va ʋɔnudrɔ̃ƒe lae. 13Wodi aʋatsoɖaseɖilawo ɖe eŋu. Ame siawo va gblɔ be: “Ŋutsu sia la, busunya ko gblɔm wòle ɖe kɔkɔeƒe sia kple Mose ƒe se la ŋu. 14Elabe míesee le enu wògblɔ be Yesu Nazaretetɔ la le teƒe sia gbã ge, eye wòatrɔ kɔnu siwo Mose ɖo ɖi na mí la.” 15Ame siwo katã le ʋɔnudrɔ̃ƒea la fɔ ŋku ɖe Stefano dzi gã, eye wokpɔ eƒe mo wòdzé abe mawudɔla tɔ ene.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in