1
Yohanes 10:10
Agbenya La
Fiafitɔ la vana be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye la, meva be woakpɔ agbe si de blibo la.
השווה
חקרו Yohanes 10:10
2
Yohanes 10:11
“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta.
חקרו Yohanes 10:11
3
Yohanes 10:27
Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme.
חקרו Yohanes 10:27
4
Yohanes 10:28
Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o
חקרו Yohanes 10:28
5
Yohanes 10:9
Nyee nye agbo la. Ame si to agbo la nu la, akpɔ ɖeɖe. Age ɖe eme, agado aɖaɖu gbe damawo.
חקרו Yohanes 10:9
6
Yohanes 10:14
“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam
חקרו Yohanes 10:14
7
Yohanes 10:29-30
elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o. Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye.”
חקרו Yohanes 10:29-30
8
Yohanes 10:15
abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta.
חקרו Yohanes 10:15
9
Yohanes 10:18
Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”
חקרו Yohanes 10:18
10
Yohanes 10:7
Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyee nye agbo na alẽawo
חקרו Yohanes 10:7
11
Yohanes 10:12
Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe.
חקרו Yohanes 10:12
12
Yohanes 10:1
“Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame si megena ɖe alẽkpo la me to agboa nu o, ke boŋ wòɖatoa afi bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye.
חקרו Yohanes 10:1
בית
כתבי הקודש
תוכניות
קטעי וידאו