Ke Petro biae be: “Anania, nu ka ta Abosam xɔ aƒe ɖe wò susu me eye nètsɔ ga si nèkpɔ tso anyigba la me la ƒe ɖe dzra ɖo heka aʋatso na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la? Esi mèdzra anyigba la o ɖe, ɖe menye tɔwòe wònye oa? Azɔ esi nèdzrae la, àte ŋu awɔ eŋudɔ ale si nèlɔ̃. Nu ka ta nèɖo tame be yeawɔ nu sia? Menye amegbetɔ nèka aʋatso na o, ke boŋ Mawu ye.” Esi Anania se nya sia la, edze anyi eye wòku. Vɔvɔ̃ ɖo ame siwo katã see la ŋutɔ.