YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 5

5
Anania kple Safira
1Ke ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Anania kple srɔ̃a Safira wodzra woƒe nunɔamesi aɖe. 2Eɖe ga la ƒe ɖe dzra ɖo, eye wòtsɔ esi susɔ la vɛ na amedɔdɔawo. Nu sia nɔ nyanya me na srɔ̃a hã. 3Ke Petro biae be: “Anania, nu ka ta Abosam xɔ aƒe ɖe wò susu me eye nètsɔ ga si nèkpɔ tso anyigba la me la ƒe ɖe dzra ɖo heka aʋatso na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la? 4Esi mèdzra anyigba la o ɖe, ɖe menye tɔwòe wònye oa? Azɔ esi nèdzrae la, àte ŋu awɔ eŋudɔ ale si nèlɔ̃. Nu ka ta nèɖo tame be yeawɔ nu sia? Menye amegbetɔ nèka aʋatso na o, ke boŋ Mawu ye.” 5#DanGr 13.55.Esi Anania se nya sia la, edze anyi eye wòku. Vɔvɔ̃ ɖo ame siwo katã see la ŋutɔ. 6Ɖekakpuiawo tso, xatsa avɔ ɖe ame kukua ŋu, eye wokɔe yi ɖaɖi. 7Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, srɔ̃a va do. Eya mese nya si dzɔ va yi la o. 8Petro biae be: “Ga home siae mia kple srɔ̃wò miexɔ ɖe anyigba si miedzra la taa? Gblɔe nam.” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Ẽ, eyae.” 9Ale Petro gblɔ nɛ be: “Ale ke wɔ mi ame evea miesɔ nu le Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ la tem kpɔ? Kpɔ ɖa, ɖekakpui siwo yi ɖaɖi srɔ̃wò la, woawoe nye ekem trɔ va le ʋɔtrua nu. Woakɔ wò hã ayii.” 10Enumake nyɔnu la dze anyi ɖe Petro ƒe afɔnu heku klenee. Esi ɖekakpuiawo ge ɖe eme la, wokpɔ be nyɔnua ku ɖi. Ale wokɔ eya hã yi ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. 11Vɔvɔ̃ ɖo hame blibo la kple ame bubu siwo katã se nya sia ŋutɔ.
Amedɔdɔawo wɔ nukunu kple dzesi geɖewo
12Mawu to amedɔdɔawo dzi wɔ dzesi kple nukunu geɖewo le dukɔ la dome. Xɔsetɔawo katã kpea ta ɖe Salomo ƒe akpata la me. 13Togbɔ be ame bubuawo bua wo ŋutɔ hã la, womedo dzi ge ɖe wo dome o. 14Ke ŋutsu kple nyɔnu geɖe wu gaxɔ Aƒetɔ la dzi se, eye wova le gegem ɖe ha la me. 15Esia na be amewo kɔ woƒe dɔnɔwo ɖe abatiwo kple abawo dzi do ɖe ablɔ me, be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli teti nadze dɔnɔawo dzi. 16Du siwo ƒo xlã Yerusalem me nɔlawo hã kɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo gbɔgbɔ makɔmakɔ le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.
Woti amedɔdɔawo yome
17Ke nunɔlagã la kple eŋume siwo nye Zadukitɔwo ƒe hatsotso la, le ŋu ʋãm amedɔdɔawo vevie. 18Wolé amedɔdɔawo, eye wokplɔ wo de dukɔa ƒe gaxɔ me. 19Ke le zã me la, Aƒetɔ la ƒe mawudɔla aɖe va ʋu ʋɔawo na wo, kplɔ wo do goe eye wògblɔ na wo be: 20“Midzo yi ɖatsi tsitre ɖe mawuxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ŋunya na amewo katã.” 21Esi amedɔdɔawo se nya sia la, woge ɖe mawuxɔ la me fɔŋli, eye wofia nu ameawo.
Azɔ esi nunɔlagã la kple eŋumewo va la, woyɔ adaŋudelawo kple ame tsitsi siwo le Israel la vɛ. Wodɔ amewo ɖo ɖe gaxɔa me be woakplɔ amedɔdɔawo vɛ. 22Ke esi ameawo de la, womekpɔ amedɔdɔawo le gaxɔa me o. Wotrɔ va gblɔ be: 23“Esi míede la, míekpɔ gaxɔa ƒe ʋɔwo wole tutu pɛpɛpɛ, eye dzɔlaawo hã nɔ ŋu, le tsitre le agboa nu. Ke esi míeʋu ʋɔawo la, míekpɔ ame aɖeke le xɔa me o.” 24Azɔ esi mawuxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo se nya sia la, wotɔtɔ ale gbegbe eye wonɔ tame bum le nu si ava dzɔ emegbe la ŋu. 25Ke ame aɖe va gblɔ na wo be: “Ame siwo mielé de gaxɔ me la, woawoe nye ekem le mawuxɔ la me hele nu fiam amewo.” 26Tete mawuxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kplɔ eteviwo yii, eye wokplɔ amedɔdɔawo vɛ. Wometsɔ sesẽ kplɔ woe o, elabe wole vɔvɔ̃m be amehawo aƒu kpe yewo.
27Esi wokplɔ wo vɛ la, wona wotsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, eye nunɔlagã la gblɔ na amedɔdɔawo be: 28#Mat 27.25. “Míede se na mi vevie be miagafia nu le ame sia ƒe ŋkɔ me o, gake miena miaƒe nufiafia kaka ɖe Yerusalem-du blibo la me, eye mieɖoe be yewoahe fiƒode si le eƒe ku me la ava mía dzi.”
29Ke Petro kple amedɔdɔ bubuawo ɖo eŋu be: “Mawue wòle be míaɖo toe, ke menye amegbetɔwo o. 30Yesu, ame si mieklã ɖe ati ŋu hewu la, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. 31Mawu doe ɖe dzi hedae ɖe eya ŋutɔ ƒe ɖusime be wòanye Kplɔla kple Xɔla, ale be wòana Israel-dukɔa natrɔ dzime, eye woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo. 32Míawo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo ɖoa toe lae nye nya sia ŋuti ɖaseɖilawo.”
33Esi ʋɔnudrɔ̃laawo se nya sia le amedɔdɔawo nu la, wodo dziku, eye wodi be yewoawu wo. 34Ke ŋutsu aɖe nɔ ʋɔnudrɔ̃laawo dome. Enye Farisitɔ kple sefiala si dukɔ blibo la buna. Eŋkɔe nye Gamaliel. Ame sia tsi tsitre eye wòbia be woakplɔ amedɔdɔawo adoe vie. 35Egblɔ na ame siwo le ʋɔnudrɔ̃ƒea azɔ be: “Mía tɔ Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le nu si miedi be yewoawɔ ame siawo la ŋu. 36Ɣeyiɣi aɖewoe nye esi va yi la, Teuda va do, be ame tɔxɛ aɖee yenye, eye ame abe alafa ene sɔŋ ene dze eyome. Wowui, ke ame siwo katã dze eyome la ka hlẽ eye nya si wòtsɔ vɛ la meva zu naneke o. 37Le eya yome la, Yuda, Galileatɔ la hã va do le amexlẽɣi. Ehe ame geɖewo ɖe eɖokui ŋu, ke eya hã va ku, eye ame siwo katã dze eyome la ka hlẽ. 38Eya ta nye ya mebe migade nu eme na ame siawo o; miɖe asi le wo ŋu ne woayi. Elabe ne nu si woɖo hele wɔwɔm la tso amegbetɔ gbɔ la, agblẽ. 39#Mak II, 7.19.Ke nenye be Mawu gbɔe wòtso la, miate ŋu agblẽe akpɔ o. Ne miekpɔ nyuie o la, ava dzé gɔ̃ hã be miele tsitre tsim ɖe Mawu ŋu.”
Ʋɔnudrɔ̃laawo xɔ aɖaŋu si Gamaliel ɖo la. 40Woyɔ amedɔdɔawo vɛ, heƒo wo eye wokui ɖe to me na wo vevie be womegaƒo nu le Yesu ŋkɔ me azɔ o. Esia megbe la, woɖe asi le wo ŋu. 41Esi wodzo le ʋɔnua yina la, wonɔ dzidzɔ kpɔm ŋutɔ, be wobu yewo hã be yewodze, woado ŋukpe yewo le Yesu ŋkɔ la ta. 42Azɔ gbe sia gbe la, amedɔdɔawo nɔ nu fiam henɔ gbeƒã ɖem madzudzɔmadzudzɔe be Yesue nye Kristo la. Wonɔ esia wɔm le mawuxɔ la me kple tso aƒeme yi aƒeme.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 5