YouVersion Logo
Search Icon

1 Mose 5

5
Tso Adam dzi va se ɖe Noa dzi
1Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ.
Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. 2Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.”
3Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me. 4Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. 5Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku.
6Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos. 7Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre (807), eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. 8Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve (912) hafi ku.
9Esime Enos xɔ ƒe blaasiekɛ la, ezu fofo na Kenan, 10eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ. 11Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekɛ kple atɔ̃ (905), eye wòku.
12Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel. 13Kenan ganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaene (840) le Mahalalel kple Kenan dzidzi vɔ megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo bubuwo hã emegbe. 14Kenan ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ kple ewo (910).
15Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared. 16Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃ (830). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, 17eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (895).
18Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk. 19Eganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. 20Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve (962).
21Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela. 22Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ (300), eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. 23Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃ (365), 24eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe.
25Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek. 26Eganɔ agbe ƒe alafa adre blaenyi-vɔ-eve (782). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. 27Metusela ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-asiekɛ (969).
28Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve (182) hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa. 29Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.” 30Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (595) le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. 31Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre (777).
32Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet.

Currently Selected:

1 Mose 5: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in