YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 3

3
Petro kple Yohanes da gbe le tekunɔ aɖe ŋu
1Gbe ɖeka ɣetrɔ ga etɔ̃ me le gbedoɖaɣi la, Petro kple Yohanes woyina ɖe mawuxɔ me. 2Amewo kɔ ŋutsu aɖe gbɔna ɖe mawuxɔ la ƒe agbo si woyɔna be “Agbonyui” la nu. Ŋutsu sia nye tekunɔ tso esime wodzii. Wokɔnɛ va dana ɖe afi ma gbe sia gbe, wònɔa nu biam ame siwo gena ɖe mawuxɔa me. 3Esi tekunɔa kpɔ Petro kple Yohanes wodi be yewoage ɖe xɔa me la, ebia wo be woana nane ye. 4Petro kple Yohanes kpɔe dũu hegblɔ nɛ be: “Kpɔ mí ɖa!” 5Ale tekunɔ la fɔ mo dzi henɔ wo kpɔm tututu, nɔ mɔ kpɔm be wole nane tsɔ ge ana ye. 6Ke Petro gblɔ nɛ be: “Ga aɖeke mele asinye o, ke nu si le asinye la eya mana wò. Le Yesu Kristo Nazaretetɔ la ŋkɔ me, tso nàzɔ azɔli!” 7Petro lé tekunɔa ƒe nuɖusi hekɔe dzi. Enumake ŋusẽ ɖo ŋutsua ƒe afɔwo kple afɔkɔewo me. 8Eti kpo tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Ege ɖe mawuxɔ la me kpli wo, le zɔzɔm le kpo tim hele Mawu kafum. 9Ame sia ame kpɔe wòle azɔli zɔm le Mawu kafum. 10Esi wokpɔe dze sii be eyae nye nubiala si nɔa Agbonyui la nu le mawuxɔa nu la, woƒe mo wɔ yaa, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo le nu si wowɔ nɛ la ŋuti.
Petro ƒe nyagbɔgblɔ le mawuxɔ la me
11Azɔ la, Petro kple Yohanes le teƒe si woyɔna be “Salomo ƒe akpata” la me, eye ŋutsu la lé ɖe wo ŋu goŋgoŋ. Ewɔ nuku na amewo, eye wo katã wotɔ zi yi afi ma. 12Esi Petro kpɔ ameawo la, egblɔ na wo be: “Israeltɔwo, nu ka ta nu sia wɔ nuku na mi ɖo? Nu ka ta miefɔ ŋku ɖe mía dzi, abe míawo ŋutɔ míaƒe ŋusẽ kple mawuvɔvɔ̃ mee míeto wɔ ame sia wòzɔ azɔli ene? 13#Mos II, 3.15. Mawu si nye Abraham, Isak, Yakob kple mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋu. Ke miawo ya miedee asi, hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, evɔ la, Pilato ya ɖoe be yeaɖe asi le eŋu hafi. 14#Mat 27.15-23; Mar 15.6-14; Luk 23.13-23; Yoh 19.12-15. Togbɔ be ame kɔkɔe kple ame dzɔdzɔe Yesu nye hã la, miebia be woaɖe asi le ŋutsu amewula ŋu na yewo, 15eye miewu eya ame si naa agbe la boŋ. Ke Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye míenye esia ŋuti ɖaseɖilawo. 16Yesu ƒe ŋkɔe do ŋusẽ ame sia. Eƒe ŋkɔ dzixɔsee na ŋutsu sia haya abe ale si wòdze ƒãã miele kpɔkpɔm ene. Yesu dzixɔsee na lãmesẽ blibo ŋutsu sia le mi katã mia ŋkume afii.
17“Azɔ nɔvinyewo, menya be mia kple mia dziɖulawo la, miewɔ nu si miewɔ la le manyamanya me. 18Ke nya si Mawu na eya ŋutɔ ƒe gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒãe gbe aɖe gbe ke, be ele be yeƒe Kristo la nakpe fu lae wòwɔ wòva eme. 19Eya ta mitrɔ dzime, eye miagbugbɔ aɖo ta Mawu gbɔ bene wòatutu miaƒe nuvɔ̃wo ɖa. 20Ale be Aƒetɔ la nana miagbɔ ɖe eme eye wòaɖo Kristo si eya ŋutɔ tia ɖi na mi la ɖa. 21Yesu sia anɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu aɖɔ nuwo katã ɖo, abe ale si wòna eƒe gbeƒãɖela kɔkɔeawo ɖe gbeƒãe ɖi gbe aɖe gbe ke la ene. 22#Mos V, 18.15, 18. Mose gblɔ be: ‘Aƒetɔ Mawu ana eƒe gbeƒãɖela aɖe ado tso nɔviwòwo dome, abe ale si wòna nye hã medoe ene. Miɖo to miase nu sia nu si wòagblɔ na mi la. 23#Mos V, 18.19. Ame si meɖo to Mawu ƒe gbeƒãɖela sia o la, woatsrɔ̃e le amewo dome.’ 24Gbeƒãɖela siwo katã ɖe gbeƒã, tso Samuel dzi va to bubu siwo katã kplɔe ɖo la dzi la hã ƒo nu le nu siwo le dzɔdzɔm le ŋkeke siawo me la ŋu. 25#Mos I, 22.18. Miawoe nye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo viwo, eye miekpɔ gome le nu, si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la me. Mawu gblɔ na Abraham be: ‘Wò dzidzimeviwo dzi mato ayra xexemedukɔwo katã.’ 26Ale esi Mawu na eƒe dɔla la va do la, mia gbɔe wòdɔe ɖa gbã, be wòayra mi, eye wòana mia dome ame sia ame nadzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.”

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in