YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 4

4
Wokplɔ Petro kple Yohanes yi ʋɔnui
1Esi Petro kple Yohanes le nu ƒom na ameawo la, nunɔlawo, mawuxɔa dzikpɔlawo ƒe amegã kple Zadukitɔwo va do ɖe wo dzi. 2Wodo dziku ɖe wo ŋu, elabe amedɔdɔawo le nu fiam ameawo hele gbeƒã ɖem be wofɔ Yesu ɖe tsitre, eya ta ame kukuwo gbɔna fɔfɔ ge. 3Wolé Petro kple Yohanes le fiẽ ma eye wode wo gaxɔ me va se ɖe esime ŋu ke. 4Ke ame siwo se woƒe nyawo la dometɔ geɖe xɔ se. Ale ŋutsu xɔsetɔwo ƒe xexlẽme ade abe akpe atɔ̃ ene.
5Esi ŋu ke la, Yudatɔwo dziɖulawo, dumegãwo kple agbalẽfialawo wɔ takpekpe le Yerusalem. 6Ame siwo kpe ta lae nye nunɔlagã Hana, Kayafa, Yohanes kple Aleksandro hekpe ɖe ame siwo katã tso nunɔlagã la ƒe ƒomea me la ŋu. 7Wona amedɔdɔawo tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wobia wo se be: “Ame ka ƒe ŋusẽ mietsɔ le nu sia wɔmee? Ame ka ƒe ŋkɔ mee miele ewɔm le?” 8Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Petro taŋ eye wòɖo eŋu na wo be: “Dziɖulawo kple dumegãwo, 9nenye nu nyui si míewɔ na tekunɔ aɖe, si ŋuti miele gbe biam mí le be ale ke wɔ ŋutsu sia haya mahã la, 10ekema mi katã misee, ne Israel-dukɔ blibo la nanya, be Yesu Kristo Nazaretetɔ, ame si mieklã ɖe ati ŋu, ke Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzie wòto be ame sia haya le tsitre ɖe mia ŋkume afii. 11#Ps 118.22. Yesu siae nye kpe si mi xɔtulawo miegbe, ke wòva zu dzogoedzikpe. 12Yesu megbe la, ame bubu aɖeke mexɔa ame ɖe agbe o, eye amegbetɔ aɖeke mele anyigba dzi, si dzi míato akpɔ agbexɔxɔ o.”
13Azɔ la, ameawo ƒe mo wɔ yaa, elabe wokpɔ be, togbɔ be Petro kple Yohanes menya agbalẽ o, eye womexɔ hehe tɔxɛ aɖeke o hã la, woƒo nu kple kakaɖedzi, eye wokpɔe dze sii be wonɔ Yesu yome. 14Ke esi wokpɔ ame si ŋu woda gbe le, wòle tsitre ɖe Petro kple Yohanes gbɔ la, womeganya nya si woagblɔ ɖe wo ŋu o. 15Ale wona wodo le takpeƒea, eye woyi adaŋu me. Wogblɔ be: 16“Ale ke míawɔ ame siawoe? Edze ƒã na Yerusalemnɔlawo katã be wowɔ nukunu gã aɖe to wo dzi, eye míawo míate ŋu agblɔ be mele eme o. 17Ke be nya sia nagakaka ɖe edzi aɖo ame bubuwo hã gbɔ o ta la, mina míade vɔvɔ̃ lã me na wo agblɔ be womegaƒo nu na ame aɖeke le ame sia ƒe ŋkɔ me o.” 18Ale woyɔ wo vɛ hede se na wo be womegakpɔ mɔ aƒo nu, alo afia nu le Yesu ƒe ŋkɔ me akpɔ gbeɖe o. 19Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Mia ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be kae dzɔ le Mawu ŋkume be míawɔ: miawo míaɖo toe loo, alo Mawu míaɖo toea? 20Míawo ya nu si míekpɔ kple nu si míese la míate ŋu agbe nuƒoƒo le eŋu o.” 21Ameawo katã le Mawu kafum le nu si dzɔ la ta, eya ta womenya ale si woawɔ ahe to na amedɔdɔawo o. Ale wogado vɔvɔ̃ na wo ɖe edzi eye woɖe asi le wo ŋu. 22Ame si woyɔ dɔe le nukunu sia me la xɔ ƒe wu bla ene.
Xɔsetɔawo do gbe ɖa be yewoakpɔ dzideƒo
23Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu la, wotrɔ yi wo tɔwo gbɔ eye wogblɔ nya si nunɔlagãwo kple dumegãwo gblɔ na wo la na wo. 24#Mos II, 20.11; Nex 9.6; Ps 146.6. Esi wo tɔawo se nya la la, wo katã woƒo nu kple gbe ɖeka na Mawu be: “Aƒetɔ Mawu, wòe wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me! 25#Ps 2.1, 2. Wòe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi na mía tɔgbui David, ƒo nu be:
‘Nu ka ta trɔ̃subɔlawo dze agbo,
eye dukɔwo le tame bum dzodzro?
26Anyigbadzifiawo bla akpa,
eye dziɖulawo kpe ta le adaŋu dem,
ɖe Aƒetɔ la kple eƒe Kristo la ŋu.’
27 # Luk 23.7-11; Mat 27.1, 2; Mar 15.1; Luk 23.1; Yoh 18.28, 29. Nyateƒee, Herodes kple Pontio Pilato wɔ ɖeka kple ame siwo menye Yudatɔwo o kple Israel vi siwo le du sia me, eye wotso ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, ame si nèsi ami na la ŋu. 28Woƒo ƒu be woawɔ ɖe ɖoɖo ɖe sia ɖe si nèwɔ le aɖaŋu me ɖi xoxoxo be wòava eme la dzi. 29Aƒetɔ, azɔ la, kpɔ ŋɔdzi si dom wole na mí la ɖa ne nàde dzi ƒo na mí, wò dɔlawo, be míagblɔ wò nya la dzideƒotɔe. 30Do asi ɖa nàyɔ dɔ amewo, eye na míatsɔ wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ awɔ nukunuwo kple dzesiwoe.” 31Esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la dzideƒotɔe.
Hametɔawo ma woƒe nunɔamesiwo
32 # Dɔw 2.44, 45. Le ɣeyiɣi sia me la, xɔsetɔawo katã ƒe susu le ɖeka eye wowɔa nu abe ame ɖeka ene. Wo dometɔ aɖeke megabu nu si nye etɔ la be enye ye ɖeka tɔ o, ke boŋ nu sia nu si nye wo dometɔ aɖe tɔ la zu hamenu na wo. 33Amedɔdɔawo ɖi ɖase kple ŋusẽ blibo be Aƒetɔ Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome nyateƒe, eye Mawu ve wo katã nu ŋutɔ. 34Hiãtɔ aɖeke menɔ wo dome o, elabe wo dome ame siwo si anyigba kple xɔwo le la dzra wo, eye wotsɔ ga si wokpɔ la 35vɛ na amedɔdɔawo. Woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 36Ale Levitɔ aɖe, si ŋkɔe nye Yosef, ame si wodzi le Kipro, eye amedɔdɔawo na ŋkɔe be Barnaba (si gɔmee nye dzideƒonamela) la, 37dzra eƒe anyigba, eye wòtsɔ ga la vɛ na amedɔdɔawo.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in