Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 7
7
Stefano ƒe nuƒo
1Nunɔlagã la bia Stefano be: “Nya siawo le emea?”
2 #
Mos I, 12.1. Stefano ɖo eŋu be: “Nɔvinyewo kple tɔ́nyewo, misee ɖa! Hafi mía tɔgbui Abraham naʋu aɖanɔ Xaran la, Mawu Ŋutikɔkɔetɔ la ɖe eɖokui fiae le Mesopotamia. 3Egblɔ nɛ be: ‘Ʋu le mia denyigba dzi kple wò ƒometɔwo gbɔ, eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi.’ 4#Mos I, 11.31; Mos I, 12.4. Ale Abraham ʋu le Kaldea-nyigba dzi, eye wòva nɔ Xaran. Le tɔ́a ƒe ku megbe la, Mawu na wòʋu va le anyigba si dzi míele fifia la dzi. 5#Mos I, 12.7; 13.15; 15.18; 17.8. Ɣe ma ɣi la, Mawu meka anyigba la ƒe akpa aɖeke si anɔ abe afɔ ɖeka pɛ teti ene hã na Abraham, be wòanye eya ŋutɔ tɔ o. Gake Mawu do ŋugbe be yeatsɔ anyigba la ana eya kple eƒe dzidzimeviwo, wòanye wo tɔ tegbee, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si ɣe ma ɣi o hã. 6#Mos I, 15.13, 14. Nu si Mawu gblɔ nɛ lae nye be: ‘Wò dzidzimeviwo anye amedzro le anyigba aɖe si menye wo de o la dzi. Woanɔ afi ma abe kluviwo ene ƒe alafa ene sɔŋ, eye woawɔ fu wo vevie. 7#Mos II, 3.12. Ke mabu fɔ dukɔ si subɔ ge woala la. Emegbe la, woadzo le anyigba ma dzi ava subɔm le teƒe sia.’ 8#Mos I, 17.10-14; Mos I, 21.2-4; Mos I, 25.26; Mos I, 29.31—35.18. Ale Mawu bla nu kple Abraham. Nubabla sia ƒe dzesidenue nye aʋatsotso. Eya ta esi Abraham dzi Isak la, etso aʋa nɛ le ŋkeke enyia gbe. Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wui eveawo.
9 # Mos I, 37.11; Mos I, 37.28;
Mos I, 39.2, 21. “Tɔgbui siawo dzra wo nɔvi Yosef ɖo ɖe Egipte, elabe woʋã ŋui. Ke Mawu nɔ kplii, 10#Mos I, 41.39-41. eye wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me. Esi Yosef do ɖe Egipte Fiagã ŋkume la, Mawu ve enu hena nunyae ale be fia la tsɔe ɖo nudzikpɔlagã ɖe Egipte-nyigba kple fia la ŋutɔ ƒe aƒe blibo la dzi. 11#Mos I, 42.1, 2. Azɔ la, dɔ va to le Egipte kple Kanaan-nyigbawo dzi, eye wòhe fukpekpe geɖe vɛ ale be mía tɔgbuiwo mekpɔ naneke aɖu o. 12Ke esi Yakob se be bli le Egipte la, edɔ mía tɔgbuiwo ɖo ɖe afi ma, zi gbãtɔ, wode gbɔ. 13#Mos I, 45.1; Mos I, 45.16. Esi wogayi zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo. Ale Egipte Fiagã hã nya Yosef ƒe ƒometɔwo. 14#Mos I, 45.9, 10, 17, 18; Mos I, 46.27. Azɔ Yosef dɔ nɔviawo be woayi aɖakplɔ ye tɔ́, Yakob kple yeƒe ƒometɔwo katã, siwo de abe ame bla adrẽ vɔ atɔ̃ ene la vɛ. 15#Mos I, 46.1-7; Mos I, 49.33. Ale Yakob yi ɖe Egipte, afi si eya kple mía tɔgbuiawo ku ɖo. 16#Mos I, 23.3-16; 33.19; 50.7-13; Yos 24.32. Emegbe la, wotsɔ woƒe kukuawo gbɔe va Sixem va ɖi ɖe yɔdo si Abraham tsɔ klosaloga ƒlee le Xemor viwo si la me.
17 #
Mos II, 1.7, 8. “Esi ɣeyiɣi si Mawu ɖo be yeawɔ ŋugbe si yedo na Abraham dzi la nɔ aƒe tum la, dukɔ la dzi ɖe edzi sɔ gbɔ fũu le Egipte. 18Mlɔeba la, fia aɖe va nɔ dzi ɖum le Egipte, ame si menya Yosef kura o. 19#Mos II, 1.10, 11; Mos II, 1.22. Fia sia wɔ aye flu dukɔ la. Ezi wo dzi be woagblẽ wo vidzĩwo ɖi woaku. 20#Mos II, 2.2. Ɣeyiɣi sia mee wodzi Mose. Mose ƒe nu nyo Mawu ŋu. Wonyii le tɔ́a ƒeme ɣleti etɔ̃. 21#Mos II, 2.3-10. Esi woɖee ɖe go la, Egipte Fiagã vinyɔnuvi xɔe wɔ eya ŋutɔ viŋutsuvie henyii wòtsi. 22Wofia Egiptetɔwo ƒe nunya ɖe sia ɖe Mose, ale be ŋusẽ blibo va ɖo eƒe nya kple nuwɔna ŋu.
23 #
Mos II, 2.11-15. “Esi Mose xɔ ƒe bla ene la, didi nyɔ le eme be yeayi aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa. 24Ekpɔ be Egiptetɔ aɖe le anyra wɔm le Israel vi aɖe ŋu. Esi wòyi xɔxɔ ge na Israel vi si ŋu nu té la, eƒo Egiptetɔ la wu. 25Mose bu be ye nɔviawo ase egɔme be Mawu ɖe wòdi be yeato ye dzi aɖe wo, ke womese egɔme nɛ nenema o. 26Ŋufɔke la, Mose gava. Eva ke ɖe ame eve ŋu wole kɔ dam, eye wòbe yealé avu wo. Egblɔ na wo be: ‘Mikpɔ ɖa! Nɔviwo mienye, nu ka ta miele nu vevi wɔm mia nɔewo?’ 27Ke ame si nɔ nu vevi wɔm nɔvia la tutu Mose ɖa hebiae be: ‘Ame kae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? 28Ɖe nèdi be yeawu nye hã, abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?’ 29#Mos II, 18.3, 4. Esi Mose se nya sia la, esí yi ɖe Midian-nyigba dzi. Enɔ afi ma abe amedzro ene, eye wòdzi viŋutsuvi eve le afi ma.
30 #
Mos II, 3.1-10. “Ƒe bla ene megbe la, mawudɔla ɖe eɖokui fia Mose le ŋuve si le dzo bim le gbegbe si te ɖe Sinai-to ŋu la me. 31Esi Mose kpɔ nu sia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ. Ete ɖe eŋu be yeakpɔe nyuie, ke Aƒetɔ la ƒe gbe ɖi be: 32‘Nyee nye tɔgbuiwòwo ƒe Mawu la: Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la.’ Mose nɔ dzodzom nyanyanya eye medo dzi lé ŋku ɖe eŋu nyuie o. 33Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: ‘Ɖe afɔ le afɔkpa me, elabe afi si nètsi tsitre ɖo la teƒe kɔkɔe ye. 34Mekpɔ ale si wole fu fiam nye dukɔ la le Egipte la kɔtɛe. Mese woƒe ŋeŋe, eya ta meɖi va wo ɖe ge. Azɔ va, ne madɔ wò ɖe Egipte.’ ”
35 #
Mos II, 2.14. “Togbɔ be Mose siae wogbe hegblɔ na be, ‘Ame kae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃lae?’ hã la, eyae Mawu va dɔ, to mawudɔla si ɖe eɖokui fiae le ŋuve si le dzo bim me la dzi, be wòanye wo dziɖula kple wo xɔla. 36#Mos II, 7.3; Mos II, 14.21; Mos IV, 14.33. Mose kplɔ wo dzoe tso Egipte. Ewɔ nukunu kple dzesi geɖewo le Egipte-nyigba dzi, le Aƒlaƒu la nu kple le gbedadaƒo, ƒe bla ene sɔŋ. 37#Mos V, 18.15, 18. Mose siae gblɔ na Israelviwo be: ‘Mawu ana eƒe gbeƒãɖela aɖe nado tso mia dome, abe ale si wòna medoe la ene.’ 38#Mos II, 19.1—20.17; Mos V, 5.1-33. Eyae nye ame si nɔ kpli Israel-hame la, esime wonɔ gbedadaƒo. Mose sia kple mía tɔgbuiwo li, esime mawudɔla ƒo nu nɛ le Sinai-to dzi, eye wòxɔ Mawu ƒe gbedeasi si li ɖaa la vɛ na mí. 39“Ke mía tɔgbuiwo medi be yewoaɖo toe o. Wogbe eƒe nya, eye tɔtrɔ yi Egipte ɖo susu me na wo. 40#Mos II, 32.1. Esia tae wogblɔ na Aron be: ‘Wɔ mawu bubu si akplɔ mí la na mí, elabe Mose sia, si kplɔ mí do go tso Egipte-nyigba dzi la míenya nu si dzɔ ɖe edzi o.’ 41#Mos II, 32.2-6. Tete wome nyivi eye wova sa vɔ na legba sia. Wokpɔ dzidzɔ hedo vivi ɖe nu si woawo ŋutɔwo tsɔ asi wɔe la ŋu. 42#Amos 5.25-27. Ke Mawu gbugbɔ le wo yome eye wòtsɔ wo de asi be woasubɔ dziŋgɔlimenuwo abe ale si eƒe gbeƒãɖelawo ŋlɔe ɖi ene be:
‘O Israel-dukɔ, nyee miewu lãwo hesa vɔ na
le ƒe bla ene me le gbedadaƒoa?
43Menye mawu, Molox ƒe nɔƒe
kple Romfan ƒe ɣletivi ƒe nɔnɔme,
miewɔ hesubɔ oa?
Eya ta mana miayi
aɖanɔ ame bubuwo ƒe anyigba dzi
le keke Babilonia godo ke.’
44 #
Mos II, 25.9, 40. “Agbadɔ si ɖoa ŋku edzi na mía tɔgbuiwo be Mawu li kpli wo la nɔ wo si le gbedadaƒo. Nɔnɔme si me Mawu fia Mose be wòawɔe ɖo la nu tututue wowɔe ɖo. 45#Yos 3.14-17. Agbadɔ sia, si mía tɔgbuiwo xɔ tso wo tɔ́wo gbɔ la, nɔ wo si esime Yosua nɔ wo kplɔm, eye woxɔ dukɔ siwo Mawu nya ɖa le wo ŋgɔ la ƒe anyigba. Enɔ wo dome va se ɖe David ŋɔli. 46#Sam II, 7.1-16; Kron I, 17.1-14. David ƒe nu dze Mawu ŋu, eya ta ebia Mawu be wòaɖe mɔ na ye yeawɔ nɔƒe na Yakob ƒe Mawu la, 47#Fia I, 6.1-38; Kron II, 3.1-17. eye Salomo ye va tu xɔ la nɛ.
48“Gake Mawu, ame si ƒo nu sia nu ta la, menɔa xɔ si wotu kple asi la me o. Mawu ƒe gbeƒãɖela la gblɔ be:
49 #
Yes 66.1, 2. ‘Dziƒoe nye nye fiazikpui,
eye anyigba nye nye afɔɖodzinu.
Aƒetɔ la be:
Xɔ ka tututue miate ŋu atu nam?
Alo afi ka mate ŋu anɔ agbɔ ɖe eme?
50Ɖe menye nye ŋutɔe tsɔ nye asi
wɔ nu siawo katãe oa?’
51 #
Yes 63.10. “Tome sesẽ tɔwo! Miaƒe dziwo metrɔ ɖe Mawu ŋu kpɔ o, eye miaƒe towo meʋu ne Mawu ƒe nyawo nage ɖe wo me kpɔ o. Mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu. Nu si mia tɔgbuiwo wɔ va yi la, eya tututu wɔm miawo hã miele. 52Mawu ƒe gbeƒãɖela ka yomee mia tɔgbuiwo meti o? Wowu ame siwo do ŋgɔ va ɖe gbeƒã be Dzɔdzɔetɔ la gbɔna la, eye miawo hã miede Dzɔdzɔetɔ la asi hewui. 53Mi ame siwo xɔ sé la tso mawudɔlawo gbɔ vɛ la boŋ ye gbe be yewomawɔ ɖe sea dzi o.”
Stefano wuwu
54Esi wose Stefano ƒe nyawo la, woƒe dzi ho, eye woɖu aɖu klíklikli ɖe eŋu. 55Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Stefano taŋ. Ewu mo dzi eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple Yesu, wòle tsitre ɖe Mawu ƒe ɖusime. 56Tete wògblɔ be: “Mikpɔ ɖa! Mekpɔ dziƒo wòʋu, eye mekpɔ Amegbetɔ Vi la wòle tsitre ɖe Mawu ƒe ɖusime.”
57Ke ameawo katã do ɣli sesĩe, xe asi to me, eye wolũ ɖe edzi enumake. 58Wotutui do goe le dua me, eye wofɔ kpe heƒui. Ɖaseɖilawo ɖe woƒe awuwo da ɖe ɖekakpui aɖe, si ŋkɔe nye Saulo gbɔ. 59Esi wole kpe ƒum Stefano la, edo gbe ɖa gblɔ be: “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ.” 60Edze klo do ɣli sesĩe be: “Aƒetɔ, mègaɖo nuvɔ̃ sia teƒe na wo o.” Esi wògblɔ esia la, eku.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 7: EB14
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapistaging.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.