1
Luka 13:24
EƲEGBE BIBLIA
“Miʋli ne miato mɔnu xaxɛ la age ɖe eme, elabe mele egblɔm na mi be ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, gake womate ŋui o.
Yenzanisa
Ongorora {{vhesi}}
2
Luka 13:11-12
Nyɔnu aɖe, si me dɔléamegbɔgbɔ le ƒe wui enyi sɔŋ, eye wòxa gobaa, mete ŋu dzɔna kura o la nɔ afi ma. Esi Yesu kpɔe la, eyɔe va eɖokui gbɔ, gblɔ nɛ be: “Aƒenɔ, wotu ka wò tso wò dɔléle la me!”
3
Luka 13:13
Etsɔ eƒe asiwo ɖo nyɔnua dzi. Tete nyɔnua dzɔ ka enumake, eye wòkafu Mawu.
4
Luka 13:30
Kpɔ ɖa, ame mlɔetɔ aɖewo li, siwo ava zu gbãtɔwo, eye ame gbãtɔ aɖewo li, siwo ava zu mlɔetɔwo.”
5
Luka 13:25
Elabe ne aƒea tɔ tsi tsitre, eye wòdo ʋɔa la, miatsi xexe ade asi ʋɔa ƒoƒo me anɔ gbɔgblɔm be ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mí.’ Ke aɖo eŋu na mi be: ‘Nyemenya afi si mietso o.’
6
Luka 13:5
Kpao! Mele egblɔm na mi be, ne mietrɔ dzime o la, mi katã miatsrɔ̃ alea ke.”
7
Luka 13:27
Ke aɖo ŋu na mi be, ‘Nyemenya afi si mietso o. Nu madzɔmadzɔ wɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!’
8
Luka 13:18-19
Yesu gblɔ be: “Nu ka Mawu ƒe fiaɖuɖu la ɖi? Nu ka ŋutie matsɔe asɔ ɖo! Eɖi atiku sue aɖe, si ame aɖe ƒã ɖe eƒe abɔ me. Emie, tsi, va zu ati, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me.”
Pekutangira
Bhaibheri
Zvirongwa
Mavideo